Typecraft v2.5
Jump to: navigation, search

Corpus:Simon Ď dadi

Revision as of 14:16, 9 May 2012 by Theresa M. Sedzro (Talk | contribs)

(diff) ← Older revision | Latest revision (diff) | Newer revision → (diff)
Source information
Source recording
Author/Creator/Speaker(s) Mawukoenya Sedzro
Title Simon Ď dadi
Date/Place 12.01.2012 Phonetic Lab. ISK, Dragvoll Trondheim, NOR
Online distribution Simon's cat
Type collection
Annotator Theresa
Contributor Theresa
Link to the annotated dataset Simon Ď dadi

Simon kplé éƒé dadi

Simon kplé éƒé dadi wó le xɔ me
Ké Simon nɔ alɔ dɔ́m
Yé nudzodzoevi áɖé dzò ɖé xɔa me
Yé wòdzò ɖé éƒé kplɔdzikaɖia ŋú
Yé dadia dzò be yéalee
Tó émame ému éƒé akaɖia
Yé wòge agbalẽ si le Simon dzi la
Ke Simon gale alɔ dɔm
Yé wòva le nudzodzoevia dzim
Yé wòkpɔ bé édzò ɖé éƒé curtains ŋú
Yé wòdzò kui
Ke métenu lee o
Yé wòvuvu curtaina
Yé wòge
Yé nudzodzoevia dzò ɖé Simon ƒé tade le zikpuia dzí
Yé dadia lía zikpuia bé yéálee
Yé nudzodzoevia gadzò ké
Yé wòƒudu kplɔe ɖo wóle tsatsam le xɔa me ʋuu wogé ɖe anyigba
Yé wòdzo dze édzi
Yé wòlee
Wòkɔ fe kɔ ƒoe teɖe anyigba
Ɖikɔ kplíí
Yé nudzodzoevia wɔ abe ɖee wòku ene
Taa ésusu be éku vaava
Yé nudzodzoevia gaxlɔ ke taa évɔ
Yé wòƒudu vabe ɖe agbalẽa gɔme
Wòle ƒoƒom kpakpakpa
Yé wòfɔ
Wòkɔ nudzodzoevia
Wòdze agbagba be yéayɔ Simon gake Simon méfɔ o
Égale alɔ dɔm
Yé wòdzo dze Simon dzi kɔ nudzodzoevia daɖe éƒé akɔta
Yé wòƒo Simon
Yé Simon nyɔ gake meʋu ŋku o
Yé wòke nume daɖe anyi ta ékɔ nudzodzoevia kɔ de éƒé nume
Yé wòyi eƒe tade
Nudzodzoevia yi ɖe veme na Simon
Yé Simon nyɔ
Yé wòvɔ
Yé wòkpɔ be dadia kaka nuawo le xɔame
Yé nudzodzoevi le xɔxlɔm le éƒé dɔme
Yé wòlé éƒé dɔ