Typecraft v2.5
Jump to: navigation, search

Corpus:Simon ƒe dadi le ʋegbe me

Revision as of 10:02, 29 March 2011 by Mercy Motte (Talk | contribs)

(diff) ← Older revision | Latest revision (diff) | Newer revision → (diff)
Source information
Source {{{source}}}
Author/Creator/Speaker(s) User:Mercy Motte
Editor/Recorded by/Broadcaster User:Mercy Motte
Title {{{title}}}
Original language {{{Olanguage}}}
Date/Place {{{date/place}}}
Translator User:Mercy Motte
Type collection
Annotator User:Mercy Motte
Corpus translator {{{corpustranslator}}}
Link to the annotated dataset {{{link}}}

Le nukpɔkpɔ me la
Mikpɔ Simon kple eƒe dadi esike wonɔ dzudzɔm le woƒe xɔme
Ke le ema me la, nudzodzoe aɖe geɖe xɔame
Ke dadia dze agbagba be yealé nudzodzoe sia
Ke le eƒe agbagbadzedze me la, egblẽ nu geɖee le xɔa me
Le gbã mea, nudzodzoe sia vadze ɖe tsinokplu aɖe dzi si ke le xɔa me
Ke dadia dze agbagba be yeate ŋu alé nudzodzoe la le tsinokplu sia ŋu
Ke le eyamea meteŋu lé nudzodzoe sia o
Ke nudzodzoe sia va dze akaɖiti si ke le xɔa me dzi
Ke dadi sia gadze agbagba be yealé nudzodzoe sia
Le ema hã mea meteŋu lé nudzodzoe sia o
Ke nudzodzoe sia gadze agbagba vadze fεsrεvɔ sike le fεsrεa ŋu ke le eya ma mea, dadi sia vu fεsrεvɔ sia
Ke le ema megbea, nudzodzoe sia vadze zikpui si ke Simon nɔ akɔlɔe dɔm le eme la dzi
Ke le ema mea, dadia dze agbagba be yealé nudzodzoe sia le zikpui madzi gake mete ŋui o
Esi ke wònɔ agbagba dzema, eƒudu kplɔ nudzodzoe sia ɖo dze agbagba wògloe gake mete ŋu le o
Ke mlɔeba la, nudzodzoe sia vadze anyigba
Ke anyigba sike wòlea, afimae dadi sia teŋu lé nudzodzoe sia le
Ke le eƒe agbagbadzedze me la eva wu nudzodzoe sia
Esi ke wokpɔ be nudzodzoe sia kua
Evɔ ŋutɔ
Eyata esí va be ɖe agbalẽ sike Simon nɔ xexlẽm hafi dɔ alɔa
Eva be ɖe agbalẽ sia te
Ke esike wò kpɔ be nudzodzoe kua
Edze agbagba be Simon na nyá nusi ke le dzi yim
Edze agbagba be yea nyɔ Simon Ʋuu gake Simon mede nume ne o
Ke le eya ma mea etsɔ nudzodzoe sia va da ɖe Simon ƒe akɔta
Eye wò yɔe be wòakpɔ be nudzodzoe sia ku
Ke le eya hã mea, Simon mede nu me ne o
Ke evatsɔ nudzodzoe sia de Simon ƒe nume
Ke le ema mea, Simon va mi nudzodzoe sia
Eye wò kpéèkpe Ʋuu
Eye wòtsi tre
Esi ke wòtsi tre be yea kpɔ nusi ke le dzi yim la
Wo amevea wokpɔe be nudzodzoe sia meku o
Elabena wokpɔe be nudzodzoe sia ganɔ γli dom le Simon ƒe dɔme
Esia nye nukpɔkpɔa ƒe nuwuwu